Mark 15

Yesu le Pilato ŋkume

(Mateo 27:1-2, 11-14; Luka 23:1-5; Yohanes 18:28-38)

1Le ŋufɔke ŋdi kanyã la, Osɔfogãwo, dumegãwo, agbalẽfialawo kple ʋunudrɔ̃lawo kpe ta be yewoade ŋugble le nu si yewoawɔ la ŋu. Woɖoe be yewoabla Yesu aɖoe ɖe Pilato ame si nye Romatɔwo ƒe gɔvina si nɔ Yudea dzi ɖum le ɣemaɣi me la gbɔ.

2Esi Yesu va ɖo Pilato gbɔ la, Pilato biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Fia la tututu abe ale si nègblɔ ene.”

3Le afi sia la Osɔfogãwo tso enu be ewɔ nu vɔ̃ geɖewo. 4Pilato gabiae be, “Nu ka ta mèdi be yeaɖo nya aɖeke ŋu o? Nya gbogbo siwo katã wotsɔ ɖe ŋuwò la, nye nyateƒea?”

5Gake Yesu meke nu eve hã o. Esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ.

Wotso kufia na Yesu

(Mateo 27:15-26; Luka 23:13-25; Yohanes 18:39—19:16)

6Azɔ nu ɖeka aɖe si Pilato wɔna ɖaa le Ŋutitoto ŋkekea dzi lae nye be, eɖea asi le Yudatɔ gamenɔla ɖeka si amewo lɔ̃ be wòaɖe asi le la ŋuti. 7Le ŋkeke mawo me la, gamenɔla siawo dometɔ ɖeka enye Baraba ame si kple ame bubuwo wu amewo le howɔwɔ gã aɖe si wowɔ va yi la me.

8Azɔ amewo ƒo ƒu eye wobia tso Pilato si be wòaɖe asi le gamenɔlawo ɖeka ŋu na yewo abe ale si wòwɔnɛ ɖaa ene.

9Pilato bia wo be, “Miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?” 10Le esime wònya nyuie be ŋuʋaʋã ta koe Osɔfogãwo tsɔ Yesu de asi nɛ ɖo.

11Ke Osɔfogãwo ƒoe ɖe ameawo nu be woabia be woaɖe asi le Baraba boŋ ŋu ke menye Yesu o.

12Pilato biawo be, “Esi miebe maɖe asi le Baraba ŋu ɖe, nu kae miebe mawɔ kple ame si mieyɔna be miaƒe Fia?”

13Ameawo katã do ɣli be, “Klãe ɖe ati ŋu!”

14Pilato gabia wo be, “Maklãe ɖe ati ŋu be ale ke? Nu vɔ̃ kae wòwɔ si dze na ku?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋu!”

15Azɔ Pilato vɔ̃ be ameha la ava wɔ ʋunyaʋunya eye be wòadze wo ŋu ta la, eɖe asi le Baraba ŋu na wo. Ke eɖe gbe be woaaƒo Yesu kple atam. Le esia megbe la, ekplɔe de asi na ameawo be woayi aɖaklãe ɖe ati ŋu le woƒe didi nu.

Asrafowo ɖu fewu le Yesu ŋu

(Mateo 27:27-31; Yohanes 19:2-3)

16Roma srafowo kplɔe yi asrafowo nɔƒee le fiasã la me eye woyɔ asrafo siwo katã dzɔa Fiasã la ŋu la ƒo ƒui. 17Wodo awu dzĩ nɛ eye wotsɔ ŋu wɔ kuku heɖɔ nɛ. 18Azɔ wode asi fewuɖuɖu le eŋu me. Wovana egbɔ doa gbe nɛ hegblɔna be, “Yudatɔwo ƒe Fia nenɔ anyi tegbee!” 19Amewo tsɔ ameƒoti ƒo tame nɛ. Ɖewo ɖe ta ɖe mo nɛ eye ɖewo bua dze klo be yewo le esubɔm.

20Esi wowɔ funyafunyae ʋuu wòti wo la, woɖe awu dzĩ la le eŋu hetsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ eye wokplɔe dzoe be yewoaklãe ɖe ati ŋu.

Woklã Yesu ɖe ati ŋu

(Mateo 27:32-44; Luka 23:26-43; Yohanes 19:17-27)

21Le mɔa dzi la, wodo go Simɔn Kirenetɔ wògbɔna dua me, eye wozi edzi be wòakpe ɖe Yesu ŋu atsɔ eƒ atitsoga la. Simɔn siae nye Aleksandro kple Rufo fofo.

22Ale wokplɔ Yesu va teƒe aɖe si woyɔna be Golgata, si gɔmee nye ametakoliƒe. 23Le afi sia wotsɔ gbe siwo vena la tsaka wain tsitsi hekpe nɛ, gake meno o. 24Eye woklãe ɖe atitsoga ŋu, ame siwo klãe la da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woakpɔ esi ame sia ame naxɔ. 25Anɔ abe ŋdi ga asieke me ene esi woklãe ɖe atitsoga ŋu.

26Woŋlɔ vɔ̃ si wòwɔ ta woklãe ɖe atia ŋu la ɖe ʋuƒo kakɛ aɖe dzi klã ɖe atitsoga la tame. Nu si woŋlɔ̃ ɖe ʋuƒoa dzi enye “Yudatɔwo ƒe Fia.”

27Le ŋdi ma ke la woklã adzodala vɔ̃ɖi eve aɖewo hã ɖe eƒe axa evaewo dzi. 28Ale wowu ale si mawunya gblɔ da ɖi la nu be. “Wobui ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome.”

29Ame siwo va nɔ eŋu tom la ɖea alɔme le eŋu eye woʋuʋua ta hekonɛ. Ɖewo hã doa ɣli gblɔna nɛ fewu ɖutɔe be, “Ehẽ! Kpɔ ale si wòva zu na wòe ɖa! Woe be yeate ŋu agbã gbedoxɔ la, agagbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Nenye be ŋusẽ le asiwò nàte ŋu awɔ nukunu gã siawo la, 30ɖe ɖokuiwo hã le atitsoga la ŋue!”

31Osɔfogãwo kple agbalẽfiala siwo nɔ tsitre ɖe teƒea hã nɔ alɔme ɖem le Yesu ŋu. Wogblɔ be, “Ame sia te ŋu ɖe ame bubuwo tso tetekpɔwo kple fuwo me, gake mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o!”

32Wodo ɣli yɔe le atitisoga la ŋu be, “Hei, kpɔ ɖa, wò Mesia! Wò Israel ƒe Fia! Ɖi le atitsoga la ŋu ekema mí katã míaxɔ dziwò ase!” Adzodala eve siwo woklã ɖe atitsogawo ŋu kpli gɔ̃ hã dzui.

Yesu ƒe ku

(Mateo 27:45-56; Luka 23:44-49; Yohanes 19:28-30)

33Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la dzi va se ɖe keke ɣetrɔ ga etɔ̃ me.

34Le ɣeyi ɣi sia me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eloi, Eloi, lama sabaktani?” si gɔmee nye, “Nye Mawu, Nye Mawu nu ka tae nègblẽm ɖi?”

35Esi ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma se esia la, wogblɔ be, “Kpɔ ɖa, ele Eliya yɔm.” 36Le esia ta wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖaku wain tsitsi eye wòkɔe ɖe ƒumekutsa me, tɔe ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu na Yesu be wòano hegblɔ kpe ɖe eŋu be, “Miɖe asi le eŋu azɔ ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”

37Sẽ la, Yesu gado ɣli sesĩe ake eye wòku.

38Le gaƒoƒo sia me tututu la, xɔmetsovɔ si wotsɔ xe kɔkɔe ƒewo ƒe kɔkɔe ƒea ŋkume le gbedoxɔ la me la, mã eme ɖe eve tso dzi va se ɖe anyime ke.

39Esi Roma srafo si nɔ Yesu ŋu dzɔm kpɔ ale si Yesu kui la, egblɔ kple seselelãme geɖe be, “Ame sia la Mawu Vi wònye vavã!”

40Nyɔnu aɖewo hã va teƒea eye wonɔ adzɔge nɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Ame siawo nye Maria Magdalatɔ, Maria si nye Yakobo suetɔ kple Yose dada kpakple Salome. 41Ame siawo kple Galilea nyɔnu bubu siwo nye eyomenɔla siwo subɔnɛ ne eva Galilea la, hã dze eyome va Yerusalem.

Yesu ɖiɖi

(Mateo 27:57-61; Luka 23:50-56; Yohanes 19:38-42)

42Nu siawo katã dzɔ ŋkeke ɖeka do ŋgɔ na Sabat ŋkekea. Le ɣetrɔ me lɔƒo la, 43Yosef tso Arimatia ame si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo dometɔ ɖeka si ŋu bubu le la, va Yerusalem. Ame sia hã nɔ mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒea ƒe vava kple dzimaɖeɖi geɖe. Eyi Pilato gbɔ kple dzideƒo hebia be wòaɖe asi le Yesu ƒe kukua ŋu na ye.

44Pilato mexɔe se be Yesu ku le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe o. Eya ta eyɔ Roma srafowo ƒe aamegã si ƒe dzikpɔkpɔ te nyawo nɔ la eye wòbiae be Yesu ku vavã hã? 45Asrafomegã la ɖo kpe edzi na Pilato be eku. Ale Pilato ɖe mɔ na Yosef be wòaxɔ ame kukua aɖaɖi.

46Yosef ƒle aklala biɖibiɖi gã aɖe eye woɖe Yesu kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala ɖe eŋuti eye wòtsɔe ɖamlɔ yɔdo, si woɖe ɖe agakpe me la me, hemli kpe gã aɖe ɖo yɔdoa nu.

47Maria Magdalatɔ kple Maria Yesu dada hã nɔ afi ma kpɔ afi si wò ɖi Yesu ɖo.

Copyright information for EweBEE